Luke 6:47-49

47Mafia nu si ame sia ame si vaa gbɔ nye, sea nye nya eye wowɔa edzi la ɖi la mi. 48Eɖi ame aɖe si tu xɔ, eɖe do goglo eye wòɖo gɔmeɖokpe nyuie ɖe kpe gbadza dzi, ke esi tɔ ɖɔ eye tsi ɖe xɔa la mete ŋu nui o, elabena wotui nyuie.

49“Ke ame siwo sea nye nya eye womewɔna ɖe edzi o la, le abe ame aɖe si tu eƒe xɔ ɖe anyigba eye meɖo gɔmeɖokpe nɛ o la ene. Esi tsi dza ɖɔ ɖe eŋu la, xɔ sia mu gbloo, hegbã gudugudu.”

Copyright information for EweBEE